Isaiah 66:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ, eye miatsi abe gbe ene. Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo. Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miakpɔe, miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ, eye miaƒe ƒuwo amie abe gbe ene, Yehowa ƒe asi aɖe eɖokui afia ɖe eƒe dɔlawo ŋu, eye wòado dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miakpɔe, eye dzi adzɔ mi. Miaƒe ƒuwo amlo abe gbe dama ene. Ekema woadze sii be Aƒetɔ léa be na ame siwo subɔnɛ, eye wòdoa dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.”