Isaiah 66:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawɔ dzesi ɖe wo dome. Maɖo agbetsilawo tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Put kple Lud, siwo daa aŋutrɔ; ɖe Tubal, Yavan kple ƒukpo siwo le keke didiƒe ʋĩi ke hã dzi. Ame siwo mese ŋkɔnye kpɔ, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe hã kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye gãnyenye le dukɔwo dome.