Isaiah 66:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome aɖo sɔwo dzi kple tasiaɖam kple apakawo me kple tedzisɔwo kple kposɔwo dzi abe nuɖuvɔsa ene na Yehowa ahava Yerusalem le nye to kɔkɔe la dzi, abe alesi Israel-viwo tsɔa nuɖuvɔsa dea nu dzadzɛwo me vaa Yehowa ƒe mee ene, Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome vɛ abe nunana ene na Aƒetɔ. Woanɔ sɔwo dzi, tasiaɖamwo kple apakawo me, eye bubuwo anɔ tedzisɔwo kple kposɔwo dzi ava Yerusalem, nye to kɔkɔe la dzi. Anɔ abe ale si Israelviwo dea nuɖuɖuvɔsa nu dzadzɛwo me tsɔna vaa Aƒetɔ ƒeme ene. Aƒetɔ lae gblɔe.