Isaiah 66:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woaɖo ayi, be woakpɔ amesiwo dze go ɖem la ƒe kukuwo; elabena woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo ma tsi o, eye woanye ŋunyɔ na ŋutilãwo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne wodzo yina la, woakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabe woƒe nyéwo maku o, eye dzo si le womem la hã matsi gbeɖe o. Wo kpɔkpɔ anye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”