Isaiah 66:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame si tsɔ nyitsu sa vɔe la, sɔ kple ame si wu ame, eye ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple ame si ŋe kɔ na avu. Ame si sa nuɖuvɔ la, sɔ kple ame si tsɔ ha ƒe ʋu sa vɔe, eye ame si do ŋkuɖodzi ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la, sɔ kple ame si subɔ legba. Wotia woawo ŋutɔ ƒe mɔwo, eye woƒe luʋɔ dzɔa dzi le woƒe ŋunyɔnuawo ŋu,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ame si wu nyitsu la sɔ kple ame si wu ame. Ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la sɔ kple ame si tro kɔ le avu nu. Ame si sa nuɖuɖuvɔ la sɔ kple ame si tsɔ haʋu sa vɔe. Ame si tɔa dzo lifi la sɔ kple ame si kafua trɔ̃. Ale ame siawo wɔa nu si woawo ŋutɔ dina la, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le ŋunyɔnu siwo wowɔna la ŋu.