Isaiah 66:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta nye hã masẽ ŋuta le wo ŋu, eye mana nu si le ŋɔ dzim na wo la nava wo dzi, elabena esi meyɔ wo la, ame aɖeke metɔ o, eye esi meƒo nu la, ame aɖeke meɖo to o. Wowɔ nu vɔ̃ɖi le nye ŋkume, eye wotia nu si medoa dzidzɔ nam o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi, elabena meyɔ ame, ke amea ɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye hã matia fukpekpe na wo, eye mana nu si wovɔ̃na la nadzɔ ɖe wo dzi. Elabe meyɔ ame; ke ame aɖeke meɖo tom o. Ke boŋ wowɔ nuvɔ̃ɖi le ŋkunye me, eye wowɔ nu si ŋu nyemekpɔ dzidzɔ le o.”