Isaiah 66:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise Yehowa ƒe nya. “Mia nɔviŋutsu siwo lé fu mi, eye woɖe mi ɖe aga le nye ŋkɔ ta la, gblɔ be, ‘Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa be miakpɔ miaƒe dzidzɔ’, gake ŋukpe alé wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ ƒe nya, miɖo to miasee. Aƒetɔ be: “Miawo ŋutɔ mia nɔvi siwo lé fu mi, eye wogbe mi le tanye la be: ‘Mina woade bubu Aƒetɔ ŋu ale be míakpɔ dzidzɔ si miekpɔ.’ Evɔ la, woawo boŋ wole ŋukpe do gee.”