Isaiah 7:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime Yuda-fia Axaz, Uziya vi, ame si nye Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi, nɔ dzi ɖum le Yuda la, aʋa dzɔ. Siria-fia Rezin kple Pekax, Remalya vi, ame si nye Israel-fia la, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ke womete ŋu xɔe o.