Isaiah 7:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokui wò dzi, eye nanɔ anyi kpoo! Megavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dzoti takpoe eve, siwo le dzudzɔ tum, le Rezin kple Aram kpakple Remalya vi ƒe dɔmedzoe la ta o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ nɛ be: ‘Lé ɖokuiwò, nànɔ anyi kpoo. Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dɔmedzoe si fia Rezin kple eƒe Siriatɔwo kpakple fia Remalya do la ta o. Wole ko abe dzoti takpoe eve siwo le dzudzɔ tum la ene.