Isaiah 7:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Siria ƒe tae nye Damasko, eye Damasko ƒe tae nye Rezin. Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me, woagbã Efraim gudugudu, ale womaganɔ te o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Aram ƒe ta enye Damasko, eye Damasko ƒe ta enye Rezin, eye le ƒe blaade vɔ atɔ̃ me la woagbã Efrayim gudugudu, eye maganye dukɔ azɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Siria ƒe fiadue nye Damasko, eye Rezin nye Damasko-fia. Le Efrayim ya gome la, woagbãe gudugudu le ƒe bla ade vɔ atɔ̃ me, eye maganye dukɔ azɔ o.