Isaiah 8:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, nye kple vi siwo Aƒetɔ nam lae nye esi. Míenye dzesi kple nukunu le Israel tso Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ame si le Zion-to dzi la gbɔ.