Isaiah 8:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? De woabia nu kukuawo na agbagbeawoa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne woagblɔ na mi be: “Mibia nu se le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa ŋɔtimegbe nɔa gbe tem la gbɔ la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu oa? Ɖe wòle be woabia nu ase le kukuawo gbɔ na agbagbeawoa?”