Isaiah 8:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena hafi ɖevi la nade asi fofo kple dada yɔyɔ me la, woatso Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adze Asur-fia ŋgɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Hafi ɖevia nanya ‘Papa’ alo ‘Dada’ yɔyɔ la, Asiria-fia ava lɔ Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adzoe.”