Isaiah 8:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi la ƒe tsi nyanyra sẽŋuwo ava kɔ ɖe wo dzi. Tɔɖɔɖɔ la anye Asiria fia le eƒe ŋɔdzi katã me. Tɔ la aɖɔ agbagba, eye wòage ɖe tɔʋuwo katã me;
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata Aƒetɔ la akplɔ tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋuwo ava ƒo ɖe wo dzi, si nye Asur-fia kple eƒe ŋusẽ blibo; ayɔ eƒe baliwo katã me, eye wòagbagba eƒe tɔgowo katã,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
kpɔ ɖa, Aƒetɔ la akplɔ Tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋu siwo nye Asiria-fia kple eƒe ŋusẽ blibo la ava ƒo ɖe wo dzi duu, ayɔ eƒe baliwo katã me agbã go.