Isaiah 9:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dukɔ, si le viviti me zɔm la, kpɔ kekeli gãa ɖe, amesiwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ ɖe wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ame siwo nɔ blukɔ me tsã la magase veve o. Eɖi gbɔ Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba tsã, ke le ɣeyiɣi si gbɔna me la, ade bubu ƒutamɔ si le Yordan godo, si nye Galilea, dukɔwo ƒe anyigba la, ŋu.