Isaiah 9:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la. Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Siriatɔwo tso ɣedzeƒe kple Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe ake nu me alé Israel avuvu. Togbɔ be nu siawo dzɔ hã la, eƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.