Isaiah 9:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo eye wo katã wogblɔa nya vlowo. Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena vɔ̃ɖiwɔwɔ le bibim abe dzo ene, efiã aŋɔkawo kple ŋuwò, eye wòtɔ dzo ave dodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia tae Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le eƒe ɖekakpuiwo ŋu o, eye mave woƒe ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo nu o, elabe wo katã wonye Mawu mavɔ̃lawo kple nu tovo wɔlawo; woƒe nyagbɔgblɔ ɖe sia ɖe nye bometsinya. Togbɔ be nu siawo dzɔ hã la, eƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.