Isaiah 9:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum, woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o. Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Manase ɖu Efrayim, eye Efrayim ɖu Manase; woa kple eve la siaa wotso ɖe Yuda ŋu. Ke to esiawo katã gbɔ ha eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wole tsyo dam nu le ɖusime; ke dɔ gale wo wum. Wole nu ɖum le mia me; ke womeɖi ƒo o. Ame sia ame le nɔvia ƒe lã vuvum.