Isaiah 9:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖu le eƒe abɔta, eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be, “Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe wodzi vi na mí! Wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖuŋusẽ anɔ abɔta nɛ. Woayɔe be, “Aɖaŋu Wɔnuku Ɖola, Mawu Ŋusẽtɔ, Tɔ́ Mavɔ, Ŋutifafafiavi”.