James 1:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Evɔ la, ame si bua se si de blibo eye wòna ablɔɖe amewo ŋu hekua kutri wɔa nya la dzi la, Mawu ayrae le nu sia nu si wòawɔ la me. Eya mele abe nyasela si ŋlɔa nu be la ene o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo, si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣesiaɣi eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o ke boŋ wòwɔa edzi la woayrae le nu si wòwɔna la me.