James 2:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mia dome amea ɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, mia dometɔ ɖeka gblɔ na wo be: “Miheyi le ŋutifafa me. Miaƒe lã me nexɔ dzo. Miɖu nu miaɖi ƒo” eye medi nu siwo hiã na woƒe ŋutilã la na wo o la, viɖe kae le eme?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi, medi dzɔgbenyui na wò, de dzo lãme eye naɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wonye?