James 2:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame aɖe agblɔ be: “Wò la, xɔse le asiwò, eye nye la, ɖe metsona ɖe nu ŋu wɔna.” Nye ŋuɖoɖoe nye be, “Ɖe wò xɔse si ŋu nuwɔna mekpe ɖo o la fiam, eye nye hã mato nye nuwɔna me aɖe nye xɔse afia wò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la xɔse le asiwò ke nye la dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.