James 2:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be, “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Nɔ anyigba le nye afɔ nu” la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mielé ŋku ɖe amesi do awu nyui la ŋu, eye miegblɔ bena: Wò la bɔbɔ nɔ teƒe nyui sia, eye miegblɔ na ame dahe la bena: Wò la tsi tre ɖe afima alo bɔbɔ nɔ afii le nye afɔɖodzinu te la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miekɔ mo ɖe avɔ nyui tala la, ʋã ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, va nɔ anyi ɖe afii.” Ke miegblɔ na ame dahe la ya be: “Tsi tre ɖe afim!” alo “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye afɔnu!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi la hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Bɔbɔ nɔ anyigba le nye afɔnu,” la