James 3:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, edza, eyome edia ŋutifafa, edoa dzi, edina be yease nu gɔme na ame, eyɔ taŋ kple nublanuikpɔkpɔ, nu nyuiwo doa go tso eme, medea vovototo amewo me o, eye alakpa aɖeke hã mele eme o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ eye wòlɔ̃a tomefafa, efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o eye wòwɔa nu si le eteƒe.