James 3:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye aɖe la, dzo wònye; madzɔmadzɔnyenye ƒe xexemee nye aɖe le mía ŋutinuwo dome, eyae ƒoa ɖi ŋutilã blibo la katã, eye wòtɔa dzo agbenɔnɔ ƒe tododo blibo la katã, eye dzomavɔʋe tɔ dzo aɖe la ŋutɔ hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aɖe, ɖe wòle abe dzo ene. Xexeme si me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖo lae aɖe nye le míaƒe ŋutinuwo dome. Eƒoa ɖi ameti blibo la, hetɔa dzo agbenɔnɔ ƒe yiyime. Ke eya ŋutɔ la dzo mavɔ dea dzo eme wòbina flaflafla.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo amea ƒe agbemɔzɔzɔ blibo la eye mlɔeba la wotɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzo mavɔ ʋe me.