James 4:11 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, migagblɔ nya si medze o la ɖe mia nɔewo ŋu o. Ame si gblɔa nya si medze o la ɖe nɔvia ŋu, alo drɔ̃a ʋɔnu nɔvia la, egblɔ nya si medze o la ɖe se la ŋuti, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Nenye se lae nèdrɔ̃a ʋɔnui la, ekema menye sedziwɔla nènye o, ke boŋ eƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la, tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃mii.