James 4:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke boŋ migblɔ be, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si kple ekemɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le esia teƒe la ele na mi be, miagblɔ bena: Ne Aƒetɔ lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawo esi kple esi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nya sia gbɔgblɔ teƒe la, ele be miagblɔ boŋ be: “Ne Mawu lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si alo ekemɛ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke boŋ migblɔ bena, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe eye míawɔ nu sia kple ekemɛ.”