James 4:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mite ɖe Mawu ŋu, ne eya hã nate va mia gbɔ. Nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ asi! Mi ɖikelawo, miwɔ miaƒe dzi dzadzɛ!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi nu vɔ̃ wɔlawo miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzime eve susulawo la miklɔ miaƒe dziwo me.