James 5:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
kakaɖedzi nenɔ mia si be ame sia ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la aɖe vɔ̃wɔla la tso ku me, eye woatsɔ eƒe nu vɔ̃ gbogboawo akee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nena woanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
minyae be ame sia ame si kplɔ nuvɔ̃wɔla aɖe tso eƒe nuvɔ̃ mɔ dzi vɛ la, ana woaxɔ nuvɔ̃wɔla ma ɖe agbe tso ku si me, eye wòana woatsɔ eƒe nuvɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ la akee.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
nenya esia be: ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la, aɖee tso ku me eye woatsɔ nu atsyɔ nu vɔ̃ gbogbo aɖewo dzi.