Jeremiah 1:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu, nalã nu, eye nagbã nu, natsrɔ̃ nu, eye nagblẽ nu, natso aƒe, eye naƒã nu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu egbe, be nàlã nu, agbã nu, nàtsrɔ̃ nu, agblẽ nu, nàtso aƒe, eye nàƒã nu.”