Jeremiah 1:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu.” Yehowae gblɔe. “Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu, woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã kple Yuda duwo katã ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Kpɔ ɖa, mayɔ fiaɖuƒewo ƒe ƒomeawo katã tso anyiehe, ne wo dometɔ ɖesiaɖe nava ali zikpui anyi ɖe Yerusalem-gbowo nu, ɖe eƒe gliwo katã ŋu kple ɖe Yuda-duwo katã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe kpɔ ɖa, mele dukɔ siwo katã le dzigbeme la yɔm. Wo katã woava, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ali eƒe fiazikpui anyi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu. Woaƒo xlã eƒe gliwo katã, eye woatso ɖe Yuda-duwo katã ŋu.