Jeremiah 1:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
emegbe le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ŋɔli ɖaseɖe Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe nuwuwu, vaseɖe esime woɖe aboyo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egaxɔ gbedeasi esime Yehoyakim, Yosiya vi la, nye fia, va se ɖe Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi la, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui ɖekɛlia ƒe nuwuwu. Ƒe sia ƒe dzinu atɔ̃lia mee woɖe aboyo Yerusalemnɔlawo.