Jeremiah 10:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana alũ hona yia dzi le anyigba ƒe mlɔenu: ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne eɖe gbe la, dziŋgɔli me tsiwo dzea agbo. Enana be afu dona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Ewɔ dzikedzo na tsidzadza, eye wònana be ya dona tso eƒe nudzraɖoƒe.