Jeremiah 10:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yakob ƒe gomekpɔla ya mele abe woawo ene o. Elabe eyae wɔ nuwo katã, eye Israel-to la nye eƒe domenyinu. Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.