Jeremiah 10:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le ɣeyiɣi sia me la, matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe. Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ anyigba dzinɔlawo aƒu gbe, eye mana woaɖe to ɖe wo, be asi natu wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, matsɔ anyigba sia dzi nɔlawo aƒu gbe azɔ. Mana woakpe fu, eye woasee le wo ɖokui me.”