Jeremiah 10:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis eye wotsɔa sika tsoa Ufaz. Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wotsɔ klosalo, si woƒo gbabɛ la, tso Tarsis vɛ, kple sika tso Ofir; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wònye kple sikanutula ƒe asinudɔwɔwɔ, woƒe avɔtata nye aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsɔ klosalo si woƒo gbabɛ la tso Tarsis vɛ, wotsɔ sika tso Ofir vɛ. Wonye aɖaŋudɔwɔla ƒe asinudɔwɔwɔ kple sikaɖaŋudɔwɔla ƒe dɔ. Wota aɖabɛvɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ siwo katã avɔlɔ̃lawo lɔ̃ aɖaŋutɔe la na wo.