Jeremiah 11:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wotrɔ ɖe wo fofo, siwo gbe be, yewomaɖo to nye nyawo o la ƒe vodada tsãtɔwo ŋu; wodze mawu tutɔwo hã yome, ne woasubɔ wo; Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe la tu nye nu, si mebia kple wo fofowo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogatrɔ yi wo tɔgbuiwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo gbɔ, ame siwo gbe toɖoɖo nye nyawo. Wodze mawu bubuwo yome le subɔsubɔm. Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ siaa tu nu, si mebla kple wo tɔgbuiwo la.