Jeremiah 11:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe to na wo: Ɖekakpuiwo aku ɖe yi nu, eye woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo aku ɖe dɔwuame si me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Kpɔ ɖa, mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu le aʋa me, eye woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo aku le dɔwuame ta;