Jeremiah 11:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nya, siwo mede asi na mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso gakpo me, gblɔ bena: Ne míese nye gbe, eye miewɔ, abe alesi mede se na mi ene la, ekema mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
nu si mebla kple mia tɔgbuiwo esi mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso ga yibɔ lóloƒe la. Megblɔ na wo be miɖo to nye gbe, eye miwɔ nu siwo katã megblɔ na mi la. Ale mianye nye dukɔ, eye nye la, manye miaƒe Mawu.