Jeremiah 11:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke womeɖo to o, eye womeƒu to anyi o, ke boŋ wò katã wozɔ le woƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi me; tete mehe nubabla sia ƒe nyawo katã va wo dzi, nya, siwo ŋu mede se na wo le, hafi womewɔ wo dzi o la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake wogbe toɖoɖo, gbe nusese. Wo katã wosẽ dzime, eye wowɔ ɖe woƒe dzi vɔ̃ɖi kuatri nu. Eya ta mena fiƒode siwo katã ŋu meƒo nu le, le nubabla la me la, ɖi wo ŋu.”