Jeremiah 12:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la, wò nya dzɔna ɣe sia ɣi. Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti. Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo? Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
O Aƒetɔ, ne metsɔ nya ɖe ŋuwò hã la, nu dzɔdzɔe wɔlae nènye. Ke hã la, medi be mabia nya wò le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti. Nu ka tae ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo? Nu ka ta eme nyona na nu fitifiti wɔlawo katã ɖo?