Jeremiah 12:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ ɖe nye aƒelika vɔ̃ɖiawo katã, siwo de asi nusi metsɔ na nye dukɔ Israel, be wòanye etɔ la ŋu la ŋuti enye si: Kpɔ ɖa, maho wo ɖa tso woƒe anyigba dzi, eye maho Yuda ƒe aƒe la ɖa le wo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ tso dukɔ vɔ̃ɖi siwo katã ƒo xlã, eye woka asi nye domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel la ŋu be: “Kpɔ ɖa, maho wo ɖa tso woƒe anyigba dzi, eye maho Yuda-to la ɖa le wo dome.