Jeremiah 12:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo, be woaka atam le nye ŋkɔ me, abe alesi wòfiã nye dukɔ be, woata Baal ene be: „Meta Yehowa ƒe agbe“ la, ekema woaɖo wo gɔme anyi ɖe nye dukɔ la dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ava eme be ne wodo vevie nu, eye wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo, ne woaka atam le nye ŋkɔ me be: ‘Zi ale si Aƒetɔ le agbe la’ abe ale si woawo hã fia nye dukɔ be wòata Baal ene la, ekema mana woawo hã nadzi ɖe edzi le nye dukɔ la me.