Jeremiah 12:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne èke duɖime kple amegbetɔwo kple afɔ eye nu te ŋuwò la, aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo? Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la, aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mia kple afɔzɔlawo miaƒu du, eye ɖeɖi te ŋuwò, aleke nahayi duɖime ke ge kple sɔwo? Eli bɔkɔɔ le gbɔɖeme nyigba dzi, aleke nahawɔ le Yordan ƒe aƒlatsuwo me?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne èke duɖime kple afɔzɔlawo, eye wona ɖeɖi te ŋuwò la, ale ke nàhayi duɖime ke ge kple sɔwoe? Ne èle anyi dzem le anyigba si dzi nèle dedie le la, ale ke wɔ ge nàla le Yordan ƒe ave dodowo me?