Jeremiah 13:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nagblɔ nya sia na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Woaku wein ɖe goewo katã me banaa. Ke ne woɖo ŋu na wò be: Ɖe míenyae be, wokua wein ɖe goe sia goe me banaa o hã la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ nya sia na wo: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Ele be nàku wain ɖe goe ɖe sia ɖe me wòayɔ banaa.’ Woabia wò be: ‘Ɖe míenya be wokua wain ɖe goe me wòyɔna banaa oa?’