Jeremiah 13:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne mieɖo to o la, mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta. Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado le mo nam blobloblo elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne miegbe toɖoɖo la, ekema nye luʋɔ afa avi le adza me le dàda la ŋuti, eye nye ŋkuwo afa aɖatsi yoyoyo, le esi wokplɔ Yehowa ƒe lãhawo dzoe ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne miegbe toɖoɖo la, nye luʋɔ afa avi le adzame le miaƒe dàda ta. Nye ŋkuwo afa avi hehehe, eye aɖatsi ado le ŋkume nam yoyoyo elabe wokplɔ Aƒetɔ ƒe alẽha la yi aboyo me.