Jeremiah 14:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi: “Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo; woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o, eya ta Yehowa mexɔ wo o. Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi, eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ na dukɔ sia enye si: Tsa glãla tsatsa nyo wo ŋu, eye womexe mɔ na woƒe afɔwo o, eyata woƒe nu menyo Yehowa ŋu o ɖo; azɔ aɖo ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvowo ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ le dukɔ sia ŋu be: “Wolɔ̃a tsa glãla tsatsa alea; womeɖua wo ɖokui dzi tɔna ɖe teƒe ɖeka o, eya ta woƒe nu medzea Aƒetɔ ŋu o. Azɔ la, aɖo ŋku woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta.”