Jeremiah 14:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpo ɖa, nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be: Miele yi alo dɔwuame kpɔ ge o, ke boŋ ŋutifafa mavɔ mana mi le afisia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete megblɔ be: “O Aƒetɔ Mawu, kpɔ ɖa, gbeƒãɖelawo le gbɔgblɔm na wo be: ‘Aʋawɔwɔ kple dɔwuame matsrɔ̃ mi o, ke boŋ mana ŋutifafa si ŋu kakaɖedzi le la mi le teƒe sia.’ ”