Jeremiah 14:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dɔwuame kple yi atsɔ amesiwo wole nya gblɔm ɖi na la aƒu Yerusalem-kpɔdomeewo, eye womaɖi wo o, woawo kple wo srɔ̃wo, woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa, eye matrɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ akɔ ɖe wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔwuame kple aʋawɔwɔ atsrɔ̃ ame siwo wogblɔ nya siawo na la hã, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, ame aɖeke maɖi wo o: Woawo ŋutɔ, wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo siaa. Mahe to na wo vevie ɖe woƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye nu.