Jeremiah 14:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Gblɔ nya sia na wo be, “ ‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe elabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o, ame si nye dukɔ la, xɔ abi vevie le esi wogbãe ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wò la gblɔ nya sia na wo bena: Nye ŋku le aɖatsi fam zã kple keli, eye madzudzɔ o, elabena wogbã nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ɖetugbi, wote eŋu, eye wòxɔ abi vevie!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ nya sia na wo be: ‘Na nye ŋkuwo nafa aɖatsi yoo zã kple keli, mègana woadzudzɔ o. Elabe wode abi nye dukɔ si nye ɖetugbi leaƒe la ŋu vevie. Abia lolo; wowɔ nu vevi gã aɖee.